Siamlɔm
From Wikipedia, the free encyclopedia
Siamlɔm (alo Yuli) enye ɣleti adrelia le ƒea me. Vovototowo le alesi wobuna ƒeawo dome. Ƒe si ŋu míele bubum fifia enye Gregoria ɣletigbalẽ tɔ. Ŋkeke 31 ye le ɣletia me.
Eʋeawo tsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Siamlɔm elabena enye tsidzaɣi eyata wonɔna nuwo siam ɖe xexe ga gbugbɔwo nɔ lɔlɔm enu enu ne tsi ga dze dzadzam ko. Le blema ŋɔli la, Romatɔwo wotsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Yuli elabena eya me wodzi Yulio Kaisaro le. Ŋkɔ xoxo si Romatɔwo yɔna na ɣleti sia enye Quintilis, elabena eyae enye ɣleti atɔ̃lia le Romatɔwo woƒe ƒe me hafi wotrɔe eye Dzove (alo Yanuar) va zu ɣleti gbãtɔ.