From Wikipedia, the free encyclopedia
Amegbetɔ ƒe Ablɔɖevinyenye ŋu Kpeɖoɖodzinya enye kpeɖoɖodzinyawo si Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpegã la ŋlɔ daɖi le 10 Dzome 1948 le Palais de Chaillot, Paris. Ɖoɖo 30 le eme si dzi Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo da asi ɖo na amegbetɔwo katã le xexeame godoo.
"Wodzi amegbetɔwo katã ablɔɖeviwoe eye wodzena bubu kple gomekpɔkpɔ sɔsɔe. Susu kple dzitsinya le wo dometɔ ɖesiaɖe si eyata wodze be woanɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me." — Kpeɖodzinya ɖoɖo I
Le nuvɔ̃ɖi siwo Adolf Hitler kple eƒe asrafowo wɔ le Xexemeʋa evelia me ta la, amewo geɖe va bui be ehiã be woaŋlɔ sewo le amegbetɔwo ƒe ablɔɖevinyenye ŋuti. Esia na be Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nuŋlɔlagã tia John Peters Humphrey si tso Canada be wòakpɔ eŋɔŋlɔ dzi. Amesiwo kpe ɖe eŋu wodome tɔa ɖewo enye Eleanor Roosevelt tso United States, Jacques Maritain kple René Cassin tso France, Charles Malik tso Lebanon, kple P. C. Chang tso China. Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpegã si kpe le 10 Dzome 1948 wɔ akametatia le nya sia ŋuti, eye dukɔ 48 lɔ ɖe dzi, 0 gbe, eye 8 mede dzesia ɖeke o.[1]
Woŋlɔe abe dukɔ me sewo ene eye wodze egɔme kple Kpɔkplɔyiɖeme. Wokplɔ esia ɖo kpli ɖoɖo 30 sɔ̃.
Woŋlɔ ɖe Guinness Book of Records la me be nyasiawo nye agbalẽ si gɔme woɖe ɖe gbe bubuwo me wòsɔgbɔ wu le xexeame.[2] Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo ŋutɔ ɖe nya siawo gɔme ɖe gbe 366 me.[3]
Seamless Wikipedia browsing. On steroids.
Every time you click a link to Wikipedia, Wiktionary or Wikiquote in your browser's search results, it will show the modern Wikiwand interface.
Wikiwand extension is a five stars, simple, with minimum permission required to keep your browsing private, safe and transparent.