Eʋegbe
gbe gbɔgblɔ / From Wikipedia, the free encyclopedia
Eʋegbe nye Eʋeawo ƒe gbe siwo dona. Wo dona Eʋegbe le Ghana kple Togo kpakple Benin Dãhumey dukɔ siwo le Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo la me. Gbe dodo siwo teɖe Eʋegbe ŋu wonye Fɔ̃gbe kpakple Adzágbe. Esiawo katã wonye Gbe siwo doƒome kple Ʋegbe. Germania ye ŋutsu Diedrich Hermann Westermann, si srɔ̃ nugeɖe le Afrika ŋuti la, ŋlɔ agbalẽwo geɖe le Eʋegbe ŋuti. Ame bubu siwo srɔ̃ nu le Eʋegbe ŋuti wonye Gilbert Ansre, Hounkpati B. Capo, Herbert Stahlke, Roberto Pazzi, Felix K. Ameka, Alan Stewart Duthie. Gake le Eʋenyigbadzi la Sam J. Obianim nye amesi ŋlɔ Ʋegbe gbalẽ geɖewo. Agbalẽ siawo dometɔ ɖeka enye "Amegbetɔa alo Agbezuge ƒe ŋuti nya".